audio
audioduration (s)
1.01
14.9
text
stringlengths
9
143
duration
float64
1.01
14.9
ʋu yi Yerusalem la, egaɖe srɔ̃ aɖewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo. Vi siwo wodzi
7.36
na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo, Ibhar, Elisua, Elpelet,
11.394
Noga, Nefeg, Yafia, Elisama, Beeliada kple Elifelet. David ɖu Filistitɔwo dzi. Esi Filistitɔwo se be David
14.54
zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se
6.32
be wogbɔna la, eho yi wo kpe ge. Filistitɔwo nɔ nuwo ham le Refaim balime. David
8.24
bia Mawu be, Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama. Yehowa ɖo
6.78
eŋu nɛ be, Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò. Ale David kple eƒe aʋakɔ
6.08
la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, Mawu to dzinye
8.42
kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene! Esia ta wòna ŋkɔ
6.52
teƒe la tso ɣe ma ɣi be, Baal Perazim si gɔmee nye, Aƒetɔ si gba go.
6.36
Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye
6.274
wotɔ dzo wo katã. Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me. David gabia nu
7.7
si wòawɔ la Mawu eye Mawu ɖo eŋu nɛ be, Mègaho dze wo yome me o,
5.38
ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu eye nàva tu wo le balsamtiawo gbɔ. Ne èse
5.802
gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi
6.08
elabena esia afia be, Mawu dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo. Ale David
7.42
wɔ nu si Mawu ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso keke Gibeon va
5.54
se ɖe Gezer. David ƒe ŋkɔ de dzi le afi sia afi eye Yehowa na be
6.136
dukɔwo katã navɔ̃e.
1.331
1 KRONIKA 15. Wotsɔ Nubablaɖaka la va Yerusalem. Esi David wu xɔtutu nu na eɖokui le
10.64
David ƒe Du la me vɔ la, edzra teƒe aɖe ɖo na Mawu ƒe nubablaɖaka la,
4.98
hetu agbadɔ nɛ eye wòde se be, Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe
6.354
yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ
8.28
nɛ tegbetegbee. Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ
7.032
Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ. Eyɔ Aron ƒe
6.04
dzidzimeviwo kple Levitɔwo ƒo ƒu: Ame alafa ɖeka blaeve tso Kohat ƒe viwo dome. woƒe Nunɔlae
7.82
nye Uriel. Ame alafa eve blaeve si nu. Asaya nɔ la tso Merari ƒe viwo dome.
7.54
Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ siwo nu. Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome. Ame alafa
6.71
eve siwo nu. Semaya nɔ la, tso Elizafan ƒe viwo dome. Ame blaenyi, ame siwo nu.
7.5
Eliel nɔ la tso Hebron ƒe viwo dome. eye ame alafa ɖeka wuieve siwo nu. Aminadab
6.34
nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome. David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo
7.3
kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo
9.19
eye wògblɔ na wo be, Miawoe nye Levitɔwo ƒe kplɔlawo. Azɔ la, mi kple mia nɔviwo
7
katã mikɔ mia ɖokuiwo ŋu ale be miatsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la
6.32
va teƒe si medzra ɖo ɖi nɛ. Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka
6.18
la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se
7.5
nu si miawɔ la o. Ale Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋuti hedzra ɖo ɖe
6.821
Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe ŋu. Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe
6.8
abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu. Fia David na
6.68
Levitɔwo ƒo ƒu hadzilawo nu eye wodzi ha sesĩe kple dzidzɔ ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo
7.6
ƒe ɖiɖi ŋu. Ame siwo kpɔ hadzidzi kple nu siwo woƒo kpe ɖe eŋu dzi la
5.02
woe nye Heman, Yoel ƒe vi kple Asaf, Berekia ƒe vi kple Etan, Kusaya ƒe vi,
7.4
tso Merari ƒe viwo dome. Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya,
13.232
Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo. Wotia Heman, Asaf kple Etan
12.873
be woaƒo akɔbligakogoewo eye wotia ame enyi siawo: Zekaria, Ariel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Maaseya kple
13.12
Benaya be woaƒo kasaŋku gbevitɔwo ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. Ame siwo wotia be woaƒo kasaŋku
8.44
gbegãtɔwo ɖe seminit ƒe gbeɖiɖi nu woe nye: Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom, Yeiel kple Azazia.
11.61
Hadoɖalae nye Kenania, Levitɔwo Nunɔla; wotiae ɖe eƒe nunya ta. Berekia kple Elkana nye nubablaɖaka la
9.597
ŋu dzɔlawo. Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la,
11.74
nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe
8.363
agbo ŋu. Ale David kple Israel ƒe dumegãwo kple ame akpewo ƒe aʋafiawo yi Obed Edom
6.9
ƒe aƒe me be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso afi ma kple aseyetsotso. Esi Yehowa
7.24
kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple
5.64
agbo adre sa vɔe. Azɔ la, David do awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi; nenema
7.72
kee nye Levitɔ siwo tsɔ nubablaɖaka la. Nenema kee nye hadzilawo kple Kenania hã, ame si
6.82
nɔ hadzihawo nu. David ya do aklala si nɔ biɖibiɖi ƒe kɔmewu ɖe etɔ dzi. Ale
6.6
Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ
8.72
Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem. Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du
6.52
la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ
6.26
Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime.
5.321
1 KRONIKA 16. Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la
7.681
me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume. Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ
8.06
vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na
7.06
Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ
7.079
anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam
6.12
ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye: Asaf, ameawo
8.14
ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed
14.18
Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo. Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le
9.24
nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe. David ƒe akpedaha. Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu
8.38
dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo
6.12
nue nye Asaf. Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa. Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã
6.76
nu. siwo wòwɔ la le dukɔwo dome. Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ. Miɖe gbeƒã eƒe
7.8
nukunuwɔwɔwo; Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu. mina ame siwo dia Yehowa la. ƒe
6.82
dzi natso aseye. Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ. Midi eƒe ŋkume ɖaa. Miɖo ŋku nukunu siwo
8
wòwɔ. eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi. O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo. O Yakob ƒe
9.1
viwo, ame siwo wòtia. Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu! Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi.
8.139
Eɖoa ŋku eƒe nubabla. kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa. Eƒe nu
6.08
si wòbla kple Abraham. kple atam si wòka na Isak la dzi. Eɖo kpe edzi na
5.66
Yakob. Abe sedede ene eye. na Israel abe nubabla mavɔ ene be: Wòe matsɔ Kanaanyigba la
8.62
na. abe wò domenyinu ene. Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko. Womesɔ gbɔ o eye wonye
6.76
amedzrowo le anyigba dzi la. Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me. Tso fiaɖuƒe ɖeka
6.52
me yi bubu me la. Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o.
5.392
Eka mo na fiawo le wo ta. Mawu gblɔ na fia mawo be. Migaka asi nye
5.24
amesiaminawo o. eye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o. Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa. Miɖe gbeƒã
9.54
eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe. Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome. kple eƒe
7.58
nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome. Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e
8.92
wu mawuwo katã. Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo. Ke Yehowae wɔ dziƒowo. Atsyɔ̃ kple gãnyenye le
8.536
eŋgɔ eye ŋusẽ. kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me. O mi dukɔwo ƒe ƒomewo. mitsɔ
7.14
bubu kple ŋusẽ na Yehowa. Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ. Mido ɖe
6.02
eŋkume kple nunana. Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me. Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya
8.98
le eŋkume. Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o. Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ
8.9
dzi. Wonegblɔ le dukɔwo dome be. Yehowae le fia ɖum. Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe.
6.969
eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye! Ekema avemetiwo katã adzi ha. Woadzi ha kple dzidzɔ
6.86
le Yehowa ŋkume. Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba. Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme
8.18
nyo. Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Mido ɣli be, Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí. Ƒo
7.48
mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me. Be míada akpe na wò
4.94
ŋkɔ kɔkɔe la. Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me. Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
6.28
Tso mavɔ me yi mavɔ me. Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, Amen, mikafu Yehowa.
6.928
David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka
7.297
la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe. Ame
5.16