audio
audioduration (s)
1.01
14.9
text
stringlengths
9
143
duration
float64
1.01
14.9
hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene. Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia
7.64
ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu. Aʋawɔla xɔŋkɔ bubu
8.3
siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye: Asahel, Yoab nɔvi; Elhanan, Dodo ƒe vi
8.22
tso Betlehem; Samɔt Haroritɔ. Helez, Pelɔnitɔ. Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa; Abiezer, tso Anatɔt; Sibekai
13.6
tso Husat; Ilai Ahohitɔ; Maharai tso Netofat; Heled, Baana ƒe vi tso Netofat; Itai, Ribai ƒe
11.36
vi, Benyamin tso Gibea; Benaya tso Piratɔn; Hurai tso Gaas tɔʋu la gbɔ; Abiel tso Arbat;
10.2
Azmavet tso Baharum; Eliahba tso Saalbɔn; Hasem ƒe viwo tso Gizon; Yonatan, Sagee ƒe vi, tso
10.92
Harar; Ahiam, Sakar ƒe vi, tso Harar; Elifal, Ur ƒe vi. Hefer tso Mekerat; Ahiya tso
10.32
Pelɔn; Hezro tso Karmel; Naarai, Ezbai ƒe vi; Yoel, Natan nɔvi; Mibhar, Hagri ƒe vi; Zelek
10.78
tso Amon, Naharai tso Beerot, ame si nye Zeruya vi. Yoab ƒe aʋawɔnuwo tsɔla; Ira, tso
10.443
Yatir; Gareb tso Yatir; Uria, Hititɔ la; Zabad, Ahlai ƒe vi; Adina, Siza ƒe vi, tso
10.48
Ruben ƒe viwo dome eye wònɔ Ruben ƒe viwo kplɔla blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛawo dome; Hanan, Maaka ƒe vi;
7.9
Yosafat Mitnitɔ; Uzia, tso Asterat; Sama kple Yeiel, Hotam ƒe viwo tso Aroer; Yediael, Simri ƒe
12.185
vi. kple nɔvia Yoha, tso Tizi; Eliel tso Mahavi; Yeribai kple Yosavia, ame siwo nye Elnaam
9.36
ƒe viwo; Itma tso Moab; Eliel; Obed kple Yaasiel tso Mezoba.
6.96
1 KRONIKA 12. Aʋawɔlawo va kpe ɖe David ŋu. Ame siawoe nye aʋawɔla siwo va kpe
9.638
ɖe David ŋu le Ziklag esi wonyae le Saul, Kis ƒe vi la ƒe ŋkume. Woawoe
6.52
nye kalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me. Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye
6.04
aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso
8.6
Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene. Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas,
7.62
Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye: Yeziel kple Pelet, Azmavet ƒe viwo. Beraka Yehu tso
11.678
Anatɔt, Ismaya tso Gibeon, kalẽtɔ kple kplɔla na Ame Blaetɔ̃awo; Yeremia, Yahaziel, Yohanan, Yozabad tso Gederat,
14.7
nye Korah ƒe viwo; Yoela kple Zebadia, Yeroham, ame siwo tso Gedor ƒe viŋutsuwo. Aʋawɔla kalẽtɔ
9.98
aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple
5.62
akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe
5.78
zi ene le towo dzi. Ezer nye woƒe tatɔ. Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab. Mismana
8.6
nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia. Atai nye adelia, Eliel nye adrelia. enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye
11.04
Elzabad; ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai. Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa
9.72
ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate
5.36
ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu. Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le
5.28
dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe
5.96
du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe. Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin
7.74
ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe
5.06
mɔ sesẽ la me. David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, Ne mieva le
5.76
ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke
5.86
ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o
5.62
la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi
7.02
ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be. Oo David, tɔwòwoe míenye! Oo Yese
8.84
viŋutsu, míeli kpli wò! Ŋutifafa, ŋutifafa na wò. eye ŋutifafa na ame siwo kpena ɖe ŋuwò.
8.2
elabena wò Mawu la akpe ɖe ŋuwo. Ale David xɔ wo eye wòtsɔ wo ɖo eƒe
5.645
adzohawo nu. Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David
6.42
ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple
10.689
Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase. Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo
8.24
dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me. Tso ŋkeke
8.26
yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã
4.64
aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene. Ame bubuwo va kpe ɖe
6.96
David ŋu le Hebron. Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie
6.36
be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame
5.62
siawoe nye: Ame akpe ade alafa enyi tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo;
8.18
aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka tso Simeon ƒe viwo dome; ame akpe ene alafa ade
6.914
tso Levi ƒe viwo dome. Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe
7.505
kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo
7.956
le nunɔlawo dome. Ame akpe etɔ̃ tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso
7.38
la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi. Aʋawɔla
5.98
sesẽ akpe blaeve alafa enyi tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ
5.98
ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me. Woɖo ame akpe wuienyi ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã
6.54
me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia. Kplɔla alafa eve kple woƒe ƒometɔwo tso Isaka
6.7
ƒe viwo dome. Ame siawo nya nu si tututu dze be Israel nawɔ. Ame akpe blaatɔ̃
6.12
tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo.
5.534
Aʋamegã akpe ɖeka kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre , ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple
7.893
akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome. Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade tso Dan ƒe viwo
7.54
dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ. Ame akpe blaene tso Aser ƒe viwo dome. Wohe
8
wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ. Ame akpe alafa ɖeka blaeve tso Yɔdan tɔsisi la
7.18
ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo
5.54
ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi. Ame siawo katã do
6.24
aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la,
7.56
Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia. Woɖu nu eye wono nu kple David
5.389
ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava. Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe
6.78
Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ
8.06
wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe
8.42
anyigba blibo la dzi.
1.315
1 KRONIKA 13. Nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe. David de aɖaŋu kple eƒe aʋafiawo kple asrafo akpewo
11.384
kple alafawo nunɔlawo. Emegbe la, egblɔ na Israel ha blibo la be, Nenye be edze mia
8.04
ŋu eye wònye Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu la, mina míaɖo du ɖe kpuiƒe kple
5.9
didiƒe siaa ɖe mía nɔvi mamlɛ siwo le Israel ƒe anyigbawo katã dzi. Nenema ke míaɖo
7.12
du ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo, ame siwo nɔ anyi kpli wo le woƒe duwo kple lãnyiƒewo
5.68
me be woava kpe ɖe mía ŋu. Mina míaɖatsɔ míaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va
6.24
mía gbɔe elabena míebia eta le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me o. Ame sia ame
7.02
lɔ̃ ɖe nya sia dzi enumake elabena nya la dze wo ŋu. Ale David yɔ Israelviwo
5.28
katã tso Sihor tɔsisi le Egipte ŋu va se ɖe Hamat ƒe mɔnu ale be woanɔ
6.84
anyi hafi woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ tso Kiriat Yearim. Ale Fia David kple Israel
7.24
dukɔ blibo la yi Baala, si nye Kiriat Yearim le Yuda be yewoatsɔ Mawu Yehowa ƒe
7.44
nubablaɖaka si woda ɖe kerubiwo tame la vɛ. Wotsɔe da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi tso
6.74
Abinadab ƒe aƒe me. Uza kple Ahio kplɔ nyiawo. David kple Israel ƒe aƒe blibo la
8.021
katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Mawu ŋkume. Wonɔ ha
6.66
dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, asiʋuiwo, gakogoewo kple kpẽwo ƒe ɖiɖi ŋu. Ke esi woɖo lugbɔƒe le
8.1
Kidon la, Uza do asi ɖa be yeadzɔ nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu.
6.66
Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu eye wòwui ɖe esi wòka asi nubablaɖaka la ŋu
6.466
ta. Ale Uza ku ɖe afi ma le Mawu ƒe ŋkume. David do dɔmedzoe ɖe Yehowa
6.74
ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be, Perez Uza
6
si, gɔmee nye, Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le. Ŋkɔ sia tsi teƒe la
5.492
ŋu va se ɖe egbe. Azɔ David vɔ̃ Mawu eye wòbia be Aleke mawɔ hafi ate
6.78
ŋu atsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ava aƒee. Eya ta David metsɔ nubablaɖaka la va eɖokui
6.36
gbɔ le David ƒe Du la me o, ke boŋ ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom,
5.34
ame si tso Git la ƒe aƒe me. Nubablaɖaka la nɔ afi ma le Obed Edom
5.534
kple eƒe ƒometɔwo gbɔ ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom ƒe ƒome kple nu sia
6.46
1 KRONIKA 14. David ƒe aƒe, srɔ̃awo kple viawo. Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo
12.619
ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti be woatu fiasã nɛ.
7.04
Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke
5.274
ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo. Esi David
6.801